Romans 10

1Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, nye dzi ƒe didi kple nye gbedodoɖae nye be Yudatɔwo nakpɔ ɖeɖe. 2Menya ale si wotsɔa dzo ɖe Mawu ƒe bubu ŋuti gake womewɔa nu sia to mɔ nyuitɔ dzi o. 3Elabena womese egɔme be Kristo ku be yeadzra yewo kple Mawu dome ɖo o. Le esia gɔmesese teƒe la, wole agbagba dzem be yewoadze na Mawu ƒe amenuveve la to Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo dzi wɔwɔ me; ke esia menye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ o. 4Womese eme be ame siwo xɔ Kristo dzi se la, Kristo naa nu sia nu si wodina to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la wo o. Ewu nu siawo katã nu.

5Elabena Mose ŋlɔ be ne ame aɖe anye ame nyui le go ɖe sia ɖe me, aɖu tetekpɔwo dzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye mawɔ nu vɔ̃ akpɔ o la, eya ko hafi woave enu wòakpɔ ɖeɖe. 6Ke ɖeɖekpɔkpɔ si vana to xɔse me la, gblɔ be, “Mele be nàdi dziƒo be yeakpɔ Yesu le afi ma eye yeahee va anyigba dzi be wòakpe ɖe ye ŋu o,” eye, 7“Mehiã be nàyi ame kukuwo dome be yeana Kristo nagatsi tsitre o.”

8Elabena ɖeɖekpɔkpɔ si tso Kristo dzixɔse me, si nye nu si ƒe gbeƒã míeɖena la, le bɔbɔe be wòasu mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Le nyateƒe me la etsɔ ɖe mía gbɔ kpuie abe míaƒe dziwo kple nuwo ene. 9Elabena ne ètsɔ wò ŋutɔ wò nu ʋu eme na ame bubuwo be Yesu Kristoe nye yeƒe Aƒetɔ eye nèxɔe se tso wò ŋutɔ wò dzime be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe. 10Elabena ame ƒe xɔse tso eƒe dzime kee naa ame kple Mawu dome nyona, eye ne èʋu eme kple wò nu na amewo la, ekema èɖo kpe wò ɖeɖekpɔkpɔ dzi. 11Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o. 12Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si eye Aƒetɔ sia naa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa. 13Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ dzi la akpɔ ɖeɖe.

14Ke ne womexɔ edzi se o la, ale ke woate ŋu abiae be wòaɖe yewo? Eye ale ke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye ale ke woawɔ ase nu tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o? 15Eye ale ke ame aɖe ayi aɖagblɔ Kristo ŋunya na wo ne ame aɖeke medɔe o? Nya siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm to nya siawo me be, “Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa si nɔa Mawu kple amewo dome ƒe nyanyui eye wògblɔa dzidzɔnyawo tso nu nyuiwo ŋuti la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!” Esia gɔmee nye woado dzaa na ame siwo vana gblɔa Mawu ƒe nyanyui la!

16Ke menye ame sia ame si sea nyanyui lae xɔnɛ kple dzidzɔ o, elabena nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ dzinye se esi megblɔe na wo?” 17Ke xɔse vana na ame to nyanyui sia, si nye nyanyui tso Kristo ŋuti la, sese me.

18Ke Yudatɔwo ya ɖe? Ɖe wose Mawu ƒe Nya? Ẽ, ede afi sia afi si wole; wogblɔ nyanyui la na xexeame ƒe akpa ɖe sia ɖe. 19Eye ɖe wose egɔme be Mawu atsɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ ana ame bubuwo ne woawo, Yudatɔwo, gbe be yewomaxɔe oa? Ẽ, elabena le keke Mose ŋɔli gɔ̃ hã la, Mawu gblɔ be yeanyɔ ŋuʋaʋã kple sidzedze ƒe gbɔgbɔ le wo me to yeƒe ɖeɖetsɔtsɔ na Trɔ̃subɔlawo, abunɛtɔwo ƒe dukɔwo, me. 20Emegbe la Yesaya ɖe gbeƒã bena ame siwo manɔ Mawu dim gɔ̃ hã o la, akpɔe. 21Fifia la, ele asimiamia Yudatɔwo dzi, ke woawo le ɖeklemiɖeɖe dzi eye wogbea vava.

Copyright information for EweBEE